Yehowa Ðasefowo—Amekawoe Wonye? Nukae Nye Woƒe Dzixɔse? |
Nukae Nye Woƒe Dzixɔse?YEHOWA ÐASEFOWO xɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ, Yehowa, dziƒo kple anyigba Wɔla la dzi se. Nuwɔwɔ wɔnuku siwo gɔme menya sena o siwo le xexe si ƒo xlã mí me la ɖeɖe dzaa ɖee fia wòsɔ be Wɔla sẽŋu aɖe si nya nu wu amesiame ye wɔ wo katã. Abe alesi ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe dɔwɔwɔwo ɖea woƒe nɔnɔmewo fianae ene la, nenema ke Yehowa Mawu hã tɔ ɖea eƒe nɔnɔmewo fianae. Biblia gblɔ na mí be ‘tso xexemewɔwɔ dzi la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me.’ Azɔ hã, “dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia” numaƒomaƒoe.—Romatɔwo 1:20; Psalmo 19:2-5.
Amewo memea ze alo wɔa television kple kɔmpiutawo dzodzro o. Anyigba kple edzi nuwɔwɔ siwo nye numiemie kple lãwo wɔ nuku sã wu nu mawo. Míate ŋu ase amegbetɔ ƒe ametia ƒe wɔwɔme kple lãmenugbagbevi triliɔn geɖe siwo le eme la gɔme o—ahɔhɔ̃ si míetsɔ bua tamee la gɔ̃ hã wɔ nuku ale gbegbe be míate ŋu ase eƒe dɔwɔwɔ gɔme o! Ne tameɖoɖo aɖe tae amegbetɔ toa nusiwo mede nusiawo nu o vɛ la, ke tameɖoɖo aɖe le Yehowa Mawu ƒe nuwɔwɔ wɔnukuawo ŋu! Lododowo 16:4 gblɔ be tameɖoɖo aɖe tae wòwɔ wo ɖo: “Nusianu, si Yehowa wɔ la, kple etɔe li.”
Tameɖoɖo aɖe tae Yehowa wɔ anyigba la ɖo, abe alesi wògblɔe na ame eve gbãtɔawo ene be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi . . . , miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!” (Mose I, 1:28) Esi atsu kple asi siawo meɖo to o ta la, womete ŋu na ƒome dzɔdzɔe siwo alé be na anyigba kple edzi numiemie kple lãwo lɔlɔ̃tɔe la yɔ anyigba dzi o. Gake woƒe kpododonu mena Yehowa ƒe tameɖoɖo tsi akpo dzi o. Woŋlɔe ƒe akpe geɖe megbe be: “Mawu, eya amesi mè anyigba . . . , menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o.” Ðe “wòmèe, be woanɔ edzi.” Womatsrɔ̃e o, ke boŋ ‘anyigba la li tegbee.’ (Yesaya 45:18; Nyagblɔla 1:4) Yehowa ƒe tameɖoɖo na anyigba ava eme: “Nye tameɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi.”—Yesaya 46:10.
Eyata Yehowa Ðasefowo xɔe se be anyigba anɔ anyi tegbee eye be ame, agbagbeawo kple kukuawo, siwo katã awɔ nu wòasɔ ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo na anyigba dzeani si dzi amewo le nu la anɔ edzi tegbee. Ameƒomea katã nyi blibomademade dome tso Adam kple Xawa gbɔ eye le ema ta wonye nuvɔ̃mewo. (Romatɔwo 5:12) Biblia gblɔ na mí be: “Nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku.” “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” “Luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.” (Romatɔwo 6:23; Nyagblɔla 9:5; Xezekiel 18:4, 20) Ke aleke woawɔ agava nɔ agbe akpɔ gome le anyigba dzi yayrawo me? To Kristo Yesu ƒe tafevɔsa la dzi ko, elabena egblɔ be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe.” “Amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe; eye . . . woado go.”—Yohanes 5:28, 29; 11:25; Mateo 20:28. Aleke esia ava emee? Woɖe eme le “fiaɖuƒe la ƒe nyanyui” si Yesu dze egɔme ɖe gbeƒãe esime wònɔ anyigba dzi la me. (Mateo 4:17-23) Gake egbea Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem nyanyuia le mɔ tɔxɛ aɖe nu. | ||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||
YEHOWA ÐASEFOWO ƑE DZIXƆSE
| ||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||||
Wotae ƒe 2000 |